Revelation of John 13

Lã wɔadã si do go tso atsiaƒu me

1Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒua to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wodo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 2Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene eye eƒe nu le abe dzata tɔwo ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. 3Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexeame katã ƒe nu ku eye wodze lã wɔadã la yome. 4Amewo subɔ ʋɔ drĩba la elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”

5Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-ene. 6Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwò katã li kplii le dziƒo. 7Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple amekɔkɔeawo eye woaɖu wo dzi. Nenema kee wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi. 8Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔada la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.

9Ame si to senu li na la, nesee.

10Ne ame aɖe ayi aboyome la, aboyomee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui. Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le amekɔkɔeawo ƒe akpa dzi.

Lã wɔadã si do go tso anyigba ƒe tume

11Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene. 12Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku. 13Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume. 14Le ŋusẽ si wonɛ be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi eye wògale agbe la ŋu ene. 15Wona ŋusẽe be woade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me ale be legba la nate ŋu aƒo nu eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o. 16Nenema kee wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu, 17ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o negbe ɖe ko wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ, alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ.

18Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu akɔnta le xexlẽme dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ ŋuti, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

Copyright information for EweBEE